Matthew 27:45-56

Yesu ƒe ku

(Marko 15:33-41; Luka 23:44-49; Yohanes 19:28-30)

45Le ŋdɔ ma la, zadokeli do ɖe anyigba la katã dzi gaƒoƒo etɔ̃ sɔŋ, tso ŋdɔ ga wuieve va se ɖe ɣetrɔ ga etɔ̃ me.

46Le ɣetrɔ ga etɔ̃ me la, Yesu do ɣli sesĩe be, “Eli, Eli lama sabaktani”, esi gɔme enye, “Nyee Mawu, nyee Mawu nu ka ŋuti nègblẽm ɖi mahã?”

47Nukpɔla siwo le afi ma la dometɔ aɖewo mese nya si wògblɔ la gɔme nyuie o, eye wobu be Eliya yɔm wòle. 48Ameawo dometɔ ɖeka si du ɖatsɔ aha tsitsi eye wokɔe ɖe akutsa tɔxɛ aɖe me. Etɔ akutsa la ɖe ati nu eye wòtsɔe ɖo nu na Yesu. 49Ke ame bubuwo gblɔ nɛ be, “Ɖe asi le eŋuti ne míakpɔe ɖa be Eliya ava ɖee le atia ŋuti hã.”

50Yesu gado ɣli sesĩe ake. Etsɔ eƒe gbɔgbɔ la na eye wòku kpoo. 51Eye kpɔ ɖa xɔmetsovɔ si wotsɔ xe Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒe la ŋkumee le gbedoxɔ me la ma ɖe eve enumake tso tame va se ɖe egɔme eye anyigba ʋuʋu kpekpekpe; agakpe gãwo hã gbã 52eye yɔdowo nu ʋu eye nyɔnu kple ŋutsu siwo nye mawuvɔ̃lawo hafi ku la gagbɔ agbe. 53Le Yesu ƒe tsitretsitsi megbe la, wodo le woƒe yɔdoawo me eye woyi ɖe Yerusalem, afi si woɖe wo ɖokuiwo fia ame geɖewo le.

54Esi asrafo siwo klãe ɖe atia ŋuti kple woƒe amegãwo kpɔ nu siwo va dzɔ kple ale si anyigba ʋuʋui la, ŋudzi kple vɔvɔ̃ lé wo eye wogblɔ be, “Ame sia nye Mawu Vi vavã.”

55Nyɔnu siwo kplɔe ɖo tso Galilea be yewoava kpɔ edzi le Yerusalem la, le nu siwo katã le dzɔdzɔm la kpɔm tso adzɔge. 56Ame siawo dometɔ aɖewoe nye Maria Magdalatɔ, Maria Yakobo kple Yosef dada kple Yohanes kpakple Yakobo siwo nye Zebedeo ƒe viwo la dada.

Copyright information for EweBEE